Mark 1:21-28

Yesu yɔ dɔ ŋutsu gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe

(Luka 4:31-37)

21Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum le Memleɖa si nye Yudatɔwo ƒe Sabat ŋkeke dzi. Woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe eye Yesu fia nu amewo le afi ma. 22Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti elabena efia nu wo kple tɔnyenye alo kakadedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si ame bubuwo fianɛ la gbɔ.

23Ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒea le ɣemaɣi me. Ame sia de asi ɣlidodo me be, 24“Yesu Nazaretitɔ, nu ka tae nèle fu ɖem na mí gbɔgbɔ vɔ̃wo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu Vi Kɔkɔetɔ la.”

25Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe eye nàdo go le eme.” 26Le Yesu ƒe nya nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe eye wòdo go le eme. 27Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu.

28Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.

Copyright information for EweBEE